Adventist Ewe Hymnal
Hymn 092

XEXEA NYE FOFONYE TƆ

This Is My Father’s World

Words by Maltbie D. Babcock, 1858–1901·Tune: TERRA BEATA

Meter: S.M.D.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Xexea nye Mawu tɔ Mese le tonye me Be nuwɔwɔwo keŋ dzia ha Ha si tso dziƒo va Xexea nye Mawu tɔ Ele nye susu me Towo, ati'o, ƒu kple yawo Wɔ nukudɔ siawo.

English

This is my Father’s world, And to my listening ears, All nature sings, and round me rings The music of the spheres. This is my Father’s world; I rest me in the thought Of rocks and trees, of skies and seas; His hand the wonders wrought.

Verse 2

Eʋegbe

Xexea nye Mawu tɔ Dziƒo xevi'o dzi ha ŋdi kekeli kple seƒoƒo'o Kafua woƒe wɔla Xexea nye Mawu tɔ Eklẽa le nunyui'o me Mesea ƒe zɔzɔ le gbeme Ƒoa nu nam 'fisiafi.

English

This is my Father’s world, The birds their carols raise; The morning light, the lily white, Declare their Maker’s praise. This is my Father’s world; He shines in all that’s fair; In the rustling grass I hear Him pass, He speaks to me everywhere.

Verse 3

Eʋegbe

Xexea nye Mawu tɔ Mega na maŋlɔe beo Ne vodadawo sɔgbɔ hã Mawue nye dziɖula Xexea nye Mawu tɔ Aleke maxanu Mawu nye fia, miadziha nɛ Nyigba na kpɔ dzidzɔ.

English

This is my Father’s world, O let me ne’er forget That though the wrong seems oft so strong, God is the Ruler yet. This is my Father’s world; Why should my heart be sad? The Lord is King; let the heavens ring! God reigns; let the earth be glad.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 92 · This Is My Father’s World

0:00
2:39
XEXEA NYE FOFONYE TƆ · Hymn 92 · Adventist Ewe Hymnal