Adventist Ewe Hymnal
Hymn 004

LUƲƆ NYE KAFU DZIƑO FIA

Praise, My Soul, the King of Heaven

Words by Henry Francis Lyte, 1793–1847·Tune: LAUDA ANIMA

Scripture: Psalm 103

Meter: 8.7.8.7.8.7.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Luʋɔnye kufu dziƒo fia Kafui le eƒ'afɔnu Ewɔ ɖeɖedɔwo na mí 'Meka akafu Mawu? Kafui, kafui Alleluya Kafu Fia mavɔtɔ la.

English

Praise, my soul, the King of heaven; To His feet thy tribute bring; Ransomed, healed, restored, forgiven, Who like thee His praise should sing? Praise Him, praise Him, Alleluia, Praise the everlasting King.

Verse 2

Eʋegbe

Kafu Eƒ'amenuveve Na fofo'o le xaxame Kafui tegbe yi mavɔ me Efaa 'kɔ henaa yayra Kafui, kafui, Alleluya Anukwaɖetɔe wònye.

English

Praise Him for His grace and favor To our fathers in distress. Praise Him, still the same forever, Slow to chide and swift to bless; Praise Him, praise Him, Alleluia, Glorious in His faithfulness.

Verse 3

Eʋegbe

Etsyɔa nu mia dzi heɖea mí. Esi wònyà mía ŋusẽ Elea mí ɖe eƒ'asi me Ðea mí tso futɔwo si Kafui, kafui, Alleluya Zia 'le si 'ƒe yayra li.

English

Tenderly He shields and spares us; Well our feeble frame He knows; In His hands He gently bears us, Rescues us from all our foes: Praise Him, praise Him, Alleluia, Widely as His mercy flows.

Verse 4

Eʋegbe

Dɔlawo mikafui kpli mí Mìa' mesi'o le 'ƒe ŋku me Ɣe kple ɣleti dea ta'gu nɛ Mi dzifo kple anyigba Kafui, kafui, Alleluya. Kafu 'Menuvetɔ la.

English

Angels, help us to adore Him: Ye behold Him face to face; Sun and moon, bow down before Him: Dwellers all in time and space, Praise Him, praise Him, Alleluia, Praise with us the God of grace.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 4 · Praise, My Soul, the King of Heaven

0:00
2:41