Adventist Ewe Hymnal
Hymn 031

ÐEGBEÐAE, NYE LUUƆ

Tell Out, My Soul

Words by Timothy Dudley-Smith (1926- )·Tune: MORESTEAD

Scripture: Luke 1:46-55

Meter: 10.10.10.10.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Luʋɔnye ɖe Mawu ganyenye fia, Yayra gã ŋutɔe wòna nye luʋɔ Eƒe ŋugbedodo le vevie nam Nye dzi akpɔ dzidzɔ le Xɔla me.

English

Tell out, my soul, the greatness of the Lord: Unnumbered blessings give my spirit voice; Tender to me the promise of His word; In God my Savior shall my heart rejoice.

Verse 2

Eʋegbe

Luʋɔnye ɖe eƒe ŋkɔ gã la fia Gblɔ ŋusẽgã si eƒe abɔ wɔ Eƒe nublanuikpɔkpɔ li tegbee; Eŋkɔe nye Kɔkɔe, Mawu Ɲusẽtɔ.

English

Tell out, my soul, the greatness of His name: Make known His might, the deeds His arm has done; His mercy sure, from age to age the same; His holy name, the Lord, the Mighty One.

Verse 3

Eʋegbe

Luʋɔnye ɖe Mawu ƒe ŋusẽ fia Eƒe ŋusẽ kple dziɖuɖu li daa! Eɖea makɔmakɔ nyenyewo ɖa. Dɔwuitɔ ɖɔa ƒo, bɔbɔetɔ yia dzi.

English

Tell out, my soul, the greatness of His might: Pow’rs and dominions lay their glory by; Proud hearts and stubborn wills are put to flight, The hungry fed, the humble lifted high.

Verse 4

Eʋegbe

Luʋɔnye ɖe Nya la ƒe bubu fia. Eƒe ŋugbe kple yayra li tegbee Luʋɔnye ɖe Mawu ganyenye fia Na dzidzimewo, heyi mavɔ me.

English

Tell out, my soul, the glories of His word: Firm is His promise, and His mercy sure. Tell out, my soul, the greatness of the Lord To children’s children and forever more.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 31 · Tell Out, My Soul

0:00
3:06