Adventist Ewe Hymnal
Hymn 304

MIA FOFOWO ƑE XƆSE

Faith of Our Fathers

Words by Frederick C. Faber, 1814–1863·Tune: ST. CATHERINE

Meter: 8.8.8.8.8.8.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Mia fofo'o ƒe xɔse gali Le fuwo kple vevewo me, O, ale mia dzi'o kpɔa dzidzɔ Ne miese dzidzɔnya siawo. Mia fofo' ƒe xɔse kɔkɔe! Mia nɔ eme yi ɖe ku me.

English

Faith of our fathers! living still In spite of dungeon, fire, and sword, O how our hearts beat high with joy Whene’er we hear that glorious word. Faith of our fathers! holy faith! We will be true to thee till death.

Verse 2

Eʋegbe

Mia fofo'o nɔ gaxɔwo me, Gake woƒe dziwo dze'me; Ðee wo vi'o tɔ manye dzidzɔ, Ne woawo hã aku nawòa? Mia fofo' ƒe xɔse kɔkɔe Mia nɔ eme yi ɖe ku me.

English

Our fathers, chained in prisons dark, Were still in heart and conscience free; How sweet would be their children’s fate, If they, like them, could die for thee! Faith of our fathers! holy faith! We will be true to thee till death.

Verse 3

Eʋegbe

Mia fofo'o xɔse na mia lɔ̃ Xɔlɔ̃wo kple ketɔwo sia Aɖe gbeƒae le lɔlɔ̃ me. Kple ɖokuibɔbɔ kpl' agbe nyui Mia fofo'o ƒe xɔse kɔkɔe Mia nɔ eme yi ɖe ku me.

English

Faith of our fathers! we will love Both friend and foe in all our strife, And preach thee, too, as love knows how, By kindly words and virtuous life. Faith of our fathers! holy faith! We will be true to thee till death.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 304 · Faith of Our Fathers

0:00
2:36