MIKƆ TA DZI
Lift Up Your Heads
Words by Georg Weissel, 1590–1635·Tune: WAREHAM
Eʋegbe
English
Verse 1
Eʋegbe
Mi agbowo mikɔ ta dzi Kpɔɖa! Bubufia la lalam, Fiawo dzi fia la gogo vɔ 'Labe xexea Ðela va ɖo.
English
Lift up your heads, ye mighty gates! Behold the King of glory waits; The King of kings is drawing near, The Savior of the world is here.
Verse 2
Eʋegbe
Ƒetɔa nye xɔ̃ kple dzɔdzɔetɔ Nublanuikpɔkpɔ nye etɔ. Eƒe fiakuku le kɔkɔe Eƒ' atikplɔ faa 'kɔ na mi
English
The Lord is just, a helper tried; Mercy is ever at His side; His kingly crown is holiness, His scepter, pity in distress.
Verse 3
Eʋegbe
Woayra 'nyigba kple fiadu la 'Fi si wokɔ Kristo ŋu le. Dzidzɔ dzi'o kpl' aƒe vavãwo Fia la ava kple dziɖuɖu.
English
O blest the land, the city blest, Where Christ the Ruler is confessed! O happy hearts and happy homes To whom this King in triumph comes!
Verse 4
Eʋegbe
Miʋu miaƒe dziʋɔtruwo Miwɔe mia gbedoxɔ tɔxe Tsoa-nyigba dzi ɖota dziƒo Lɔlɔ̃ dzidzɔ ɖo atsyɔ̃ nɛ
English
Fling wide the portals of your heart; Make it a temple, set apart From earthly use for heaven’s employ, Adorned with prayer, and love, and joy.
Verse 5
Eʋegbe
Ðela meʋui gbadza nawò Nye dziʋɔtru vage ɖe 'me Na masee le nye dzi me be. Wò yayra kple lɔlɔ̃ li ɖaa.
English
Redeemer, come; I open wide My heart to Thee; here, Lord, abide. Let me Thy inner presence feel, Thy grace and love in me reveal.
Spotted a mistake in this hymn? Report an issue