Adventist Ewe Hymnal
Hymn 022

MAWU MIAƑE HA

God Is Our Song

Words by Free Pratt Green, 1903–2000·Tune: OLD 124th

Scripture: Psalm 118:14

Meter: 10.10.10.10.10.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Ma'u miaƒe ha, kple yayra hadzi la. Ekafu la kpɔa ŋusẽ kple dzudzɔ 'Me siwo kafunɛ kple dzidzɔ la Na nunya si míebu la ɖe teƒe. Na nunya si míebu la ɖe teƒe.

English

God is our Song, and every singer blest Who praising Him finds energy and rest. All who praise God with unaffected joy Give back to us the wisdom we destroy, Give back to us the wisdom we destroy.

Verse 2

Eʋegbe

Ma'u miaƒe ha 'labe, Yesu ɖe mi Mienaa mia ƒ'agbe ne miele 'kafum Ha yeyewo dzidzi wɔa mí ɖekae. Ne Yesu kplɔa mí yia dzi keli me. Ne Yesu kplɔa mí yia dzi keli me.

English

God is our Song, for Jesus comes to save; While praising Him we offer all we have. New songs we sing, in ventures new unite, When Jesus leads us upward into light, When Jesus leads us upward into light.

Verse 3

Eʋegbe

Kafuha sia mehea tɔtɔ vɛ o Ame si kafunɛ ɖea veve ɖa Lɔlɔ̃ sɔŋ le ekafukafu me Mawu hea tsitsi-ɖe-dzi nyuitɔ vɛ. Mawu hea tsitsi-ɖe-dzi nyuitɔ vɛ.

English

This is the Song no conflict ever drowns; Who praises God our human wrath disowns. Love knows what rich complexities of sound God builds upon a simple common ground, God builds upon a simple common ground.

Verse 4

Eʋegbe

Ne ɖoɖoe zi ha Ma'u nye miaƒe ha Ne dzidzɔ, alo veve lé mìaƒ'aɖe hã Dzidzɔtɔ tɔe nye ame si ɖoato kpoo. Vaseɖe sime, mìagbe'o aga do. Vaseɖe sime, mìagbe'o aga do.

English

God is our Silence when no songs are sung, When ecstasy or sorrow stills the tongue. Glorious the faith which silently obeys Until we find again the voice of praise, Until we find again the voice of praise.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 22 · God Is Our Song

0:00
3:53