Adventist Ewe Hymnal
Hymn 215

FIA LA AVA

The King Shall Come

Words by John Brownlie alt., 1859–1925·Tune: MORNING SONG

Meter: C.M.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Fia la ava ne agu dze Ye kekeli a do Ɣedzeƒe towo dzi aklẽ Eye dzidzɔ ava.

English

The King shall come when morning dawns And light triumphant breaks, When beauty gilds the eastern hills And life to joy awakes.

Verse 2

Eʋegbe

Maganɔ abe tsã ɖevi Si ku ɖe miata o Aklẽ kple ŋtikɔkɔea' be ɣe Si klena ŋdie-ne.

English

Not as of old a little child, To bear and fight and die, But crowned with glory like the sun That lights the morning sky.

Verse 3

Eʋegbe

Aklẽ wu ŋdi me ƒe ɣe Ne 'fɔ kple dzi ɖuɖu Efɔ tso yɔdo la me le Futɔ nyanyrawo gbɔ

English

O, brighter than the rising morn When Christ, victorious, rose And left the lonesome place of death, Despite the rage of foes.

Verse 4

Eʋegbe

O, ŋdi dzidzɔ kekle nyuie ma Si aklẽ na mi ɖaa Gbe si gbe Yesu ava la; Miakpɔ Eƒe ŋku me

English

O, brighter than that glorious morn Shall dawn upon our race The day when Christ in splendor comes, And we shall see His face.

Verse 5

Eʋegbe

Fia la ava ne agu dze 'Ye keli nyuie ado Fia Kristo mìe gbedom ɖa be Va kaba Fia'o dzi Fia.

English

The King shall come when morning dawns And light and beauty brings. Hail, Christ the Lord! Your people pray: Come quickly, King of kings.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 215 · The King Shall Come

0:00
2:23