Adventist Ewe Hymnal
Hymn 020

O KAFU MAWU

O Praise Ye the Lord

Words by Henry W. Baker, 1821–1877·Tune: LAUDATE DOMINUM

Scripture: Psalm 150

Meter: 5.5.5.5.6.5.6.5.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

O kafu Mawu, mikafui le dzi Dzɔ dzi le Nyaa me Dɔla keklẽwo. Dziƒowo nekafu Ame si wɔ mi Mikafui le eŋgɔ, Le keklẽ nyui me.

English

O praise ye the Lord! Praise Him in the height; Rejoice in His word, Ye angels of light; Ye heavens, adore Him By whom ye were made, And worship before Him, In brightness arrayed.

Verse 2

Eʋegbe

O kafu Mawu mikafui l'a-fii Midzi ha vivi, mi vi yeyewo Kafu ame si tsɔ, yayra vɛ tso dzi. Kafu ame si fia lɔlɔ̃ ƒe ha la.

English

O praise ye the Lord! Praise Him upon earth, In tuneful accord: Ye sons of new birth; Praise Him who hath brought you His grace from above, Praise Him who hath taught you To sing of His love.

Verse 3

Eʋegbe

O kafu Mawu, nu si'o me gbe le Gbe viviwo sɔŋ, neɖi ƒo xlãe ɖaa! Saŋkuwo nekafui, kple gbe detowo Kasaŋkuwo negblɔ nu si wòwɔ la!

English

O praise ye the Lord, All things that give sound; Each jubilant chord, Re-echo around; Loud organs His glory Forth tell in deep tone, And sweet harp, the story Of what He hath done.

Verse 4

Eʋegbe

O kafu Mawu kpl'a kpe da hawo Mikafui ɖaa yi Dzidzime mavɔ Na 'ƒe lɔlɔ̃-Mawu si ɖo dzifo kpl'anyi te. Na 'ƒe deɖekpɔkpɔ O kafu Mawu.

English

O praise ye the Lord! Thanksgiving and song To Him be outpoured All ages along: For love in creation, For heaven restored. For grace of salvation, O praise ye the Lord!

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 20 · O Praise Ye the Lord

0:00
2:42