Adventist Ewe Hymnal
Hymn 193

XƆLA FIA NUM

Savior, Teach Me

Words by Jane Eliza Leeson, 1807–1882·Tune: [Savior, teach me day by day]

Meter: 7.7.7.7.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Xɔla fia num gbesiagbe Ma ɖo to wò nufiafia Ðeke mede nuwò o Be ma lɔ̃ 'mesi lɔ̃m gbã.

English

Savior, teach me day by day, Love’s sweet lesson to obey, Sweeter lesson cannot be, Loving Him who first loved me.

Verse 2

Eʋegbe

Matsɔ ɖevi sue ƒe dzi Ato mɔ si ne fiam la Wɔm be masubɔwo ɖaa Be ma lɔ̃ 'mesi lɔ̃m gbã.

English

With a child’s glad heart of love, At Thy bidding may I move, Prompt to serve and follow Thee, Loving Him who first loved me.

Verse 3

Eʋegbe

Fia num, nye menye tɔnye o Wò ɖeka tɔwò menye Be na kpɔ tanye aɖem Tso nuvɔ ƒe kpɔkplɔ te.

English

Teach me I am not my own, I am Thine, and Thine alone; Thine to keep, to rule, to save From all sin that would enslave.

Verse 4

Eʋegbe

Lɔlɔ̃ wɔa dɔ kple lɔlɔ̃ 'Ye wò ɖoa to kple dzidzɔ 'Ƒe dzidzɔ nɔa yeye ɖaa Be malɔ̃ 'mesi lɔ̃m gbã.

English

Love in loving finds employ, In obedience all her joy; Ever new that joy will be, Loving Him who first loved me.

Verse 5

Eʋegbe

Fiam mazɔ wòafɔ toƒe Mekpɔa ŋuse le gbɔwò Mesrɔ̃a lɔlɔ̃ tso gbɔ wò Be ma lɔ̃ 'mesi lɔ̃m gbã.

English

Teach me thus Thy steps to trace, Strong to follow in Thy grace. Learning how to love from Thee, Loving Him who first loved me.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 193 · Savior, Teach Me

0:00
2:19