Adventist Ewe Hymnal
Hymn 019

O MIDZI HA YEYE NA MAWU

O Sing a New Song to the Lord

Tune: ST. MAGNUS

Scripture: Psalm 98

Meter: C.M.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

O midzi ha yeye na Ma'u Ewɔ nukunuwo 'Ƒe ɖusi kple abɔ kɔkɔe Kpɔ dziɖuɖu mavɔ.

English

O sing a new song to the Lord For marvels He has done; His right hand and His holy arm The victory have won.

Verse 2

Eʋegbe

Tsɔ saŋku kple hadzigbewo. Dzi ha na Yehowa Mitsɔ kpẽ kple lãdzokpẽwo Do mia Fia la ɖe dzi.

English

With harp, with harp and voice of psalms Unto Jehovah sing; Let trumpets and the echoing horn Acclaim the Lord our King!

Verse 3

Eʋegbe

Ƒu kple 'menuwo miɖe gbe Xexeametɔwo keŋ Tɔ sisiwo neƒoa-sikpe. Towo nekpɔ dzidzɔ.

English

Let seas with all their creatures roar, The world and dwellers there, And let the rivers clap their hands, The hills their joy declare.

Verse 4

Eʋegbe

Minyɔ Aƒetɔ la gbɔna Be yeadrɔ̃ ʋɔnu mi Adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe xexea. Kpakple dzɔdzɔe-nyenye.

English

Before the Lord: because He comes, To judge the earth comes He; He’ll judge the world with righteousness, His folk with equity.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 19 · O Sing a New Song to the Lord

0:00
1:45