Adventist Ewe Hymnal
Hymn 186

MEKPƆ XƆLƆ̃

I’ve Found a Friend

Words by J. G. Small, 1817–1888·Tune: FRIEND

Meter: 8.7.8.7.D.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Mekpɔ xɔlɔ̃, xɔlɔ̃ vavã Elɔ̃m hafi meva nyae Ehem ɖe ŋuti kple lɔlɔ̃ 'Ye wò blam ɖe 'ɖokui ŋu Kple babla siwo matu o Me nye Etɔ, 'ya nye tɔnye Tso mavɔ yi mavɔ me.

English

I’ve found a Friend; oh, such a Friend! He loved me ere I knew Him; He drew me with the cords of love, And thus He bound me to Him. And ’round my heart still closely twine Those ties which nought can sever, For I am His, and He is mine, Forever and forever.

Verse 2

Eʋegbe

Mekpɔ xɔlɔ̃, xɔlɔ̃ vavã 'Ƒe ʋu kɔɖi ɖe tanye Menye agbemavɔ ɖeɖeo Ke boŋ Etsɔ 'ɖokui nam Naneke menye tɔnye o Makpɔ ɖokuinye ta nɛ Nye dzi, ŋusẽ, agbe nye tɔ Tso mavɔ yi mavɔ me.

English

I’ve found a Friend; oh, such a Friend! He bled, He died to save me; And not alone the gift of life, But His own self He gave me. Nought that I have my own I call, I hold it for the Giver; My heart, my strength, my life, my all, Are His, and His forever.

Verse 3

Eʋegbe

Mekpɔ xɔlɔ̃, xɔlɔ̃ vavã Wotsɔ ŋusẽ katã nɛ Adzɔ ŋunye le mɔ la dzi Akplɔm yi dziƒo dedie Ŋuikɔkɔe mavɔ keklẽm ɖaa Be wòa gbɔa'gbe nye ŋusẽ 'Zɔ manɔ ŋudzɔ awɔa ʋa 'Ye ma dzudzɔ yi mavɔ.

English

I’ve found a Friend; oh, such a Friend! All power to Him is given; To guard me on my upward course, And bring me safe to heaven. The eternal glories gleam afar, To nerve my faint endeavor; So now to watch, to work, to war, And then to rest forever.

Verse 4

Eʋegbe

Mekpɔ xɔlɔ̃, xɔlɔ̃ vavã Si nye domenyotɔ nam 'Mesi fia nu hefia mɔ la Ametaʋli la gã la Amesi lɔ̃m vevie ŋutɔ Ŋusẽ kae axemɔ nam? Agbe 'lo, ku 'lo dzomavɔa? Ao, menye 'tɔ yi mavɔ.

English

I’ve found a Friend; oh, such a Friend! So kind, and true, and tender, So wise a counselor and guide, So mighty a defender. From Him, who loveth me so well, What power my soul can sever? Shall life or death, or earth, or hell? No; I am His forever.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 186 · I’ve Found a Friend

0:00
3:01