Adventist Ewe Hymnal
Hymn 185

YESU NYE NUWO KATA NAM

Jesus Is All the World to Me

Words by Will L. Thompson (1847- 1909)·Tune: ELIZABETH

Meter: Irregular
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Yesu nye nuwo katã nam Nyea gbe dzidzɔ wo keŋ Enye nye ŋusẽ ɣesiaɣi 'Ya manɔ mee, ma ge. Meyia 'gbɔ ne me le nu xam. Akɔfala 'ɖeke meli o Efa 'kɔ nam, ne me nu xam Nye xɔlɔ̃e.

English

Jesus is all the world to me, My life, my joy, my all; He is my strength from day to day, Without Him I would fall. When I am sad to Him I go, No other one can cheer me so; When I am sad He makes me glad, He’s my Friend.

Verse 2

Eʋegbe

Yesue nye nuwo katã nam Xɔ̃ nyee le xaxa me Mekpɔa yayra tso egbɔ ɖaa Eye wò sɔgbɔ nam Ena mi ɣe kple tsidzadza Nu ŋeŋe nyui'o wotsɔ na mi Xe kple tsidzadza nuŋeŋe'o Nye xɔlɔ̃e.

English

Jesus is all the world to me, My Friend in trials sore; I go to Him for blessings, and He gives them o’er and o’er. He sends the sunshine and the rain, He sends the harvest’s golden grain; Sunshine and rain, harvest of grain, He’s my Friend.

Verse 3

Eʋegbe

Yesue nye nuwo kata nam Manye Etɔ tegbee O, 'leke magbe xɔ̃nye sia? Le esi Wò lɔ̃m la? Anyo nam, ne me dze' yo me Ekpɔa tanye zã kple keli Medzea 'yo me zã kple keli Nye xɔlɔ̃e.

English

Jesus is all the world to me, And true to Him I’ll be; O how could I this Friend deny, When He’s so true to me? Following Him I know I’m right, He watches o’er me day and night; Following Him by day and night, He’s my Friend.

Verse 4

Eʋegbe

Yesue nye nuwo katã nam Xɔ̃a ɖeke mewui o Mekaɖe 'dzi, me 'kaɖe 'dzi Vaseɖe nuwuwu Agbe vivi kple xɔlɔ̃ sia Agbe vivi si nu ma yi o Agbemavɔ, dzidzɔ mavɔ Nye xɔlɔ̃e.

English

Jesus is all the world to me, I want no better friend; I trust Him now, I’ll trust Him when Life’s fleeting days shall end. Beautiful life with such a Friend; Beautiful life that has no end; Eternal life, eternal joy, He’s my Friend.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 185 · Jesus Is All the World to Me

0:00
3:23