Adventist Ewe Hymnal
Hymn 018

O ŊUKE-ƔLETI, WÒ KEKLẼNYO

O Morning Star, How Fair and Bright

Words by Philip Nicolai, 1556–1608·Tune: WIE SCHÖN LEUCHTET

Meter: Irregular
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

O ŋuke-ɣleti, wò keklẽ nyo Ekle kple Mawu ƒe nyonyo Ame nu veve yɔ wò Ðe Yakob vi'o, Fia Dawid vi 'Ƒetɔwo Aƒetɔ, Ðela Mia di' be mia subɔ wò ko. Kɔkɔetɔ kɔkɔe Wòe nye ŋusẽtɔ dziɖula gã Yayra tɔ. Wòe ɖu nuwo katã keŋ dzi.

English

O Morning Star, how fair and bright! You shine with God’s own truth and light, Aglow with grace and mercy! Of Jacob’s race, King David’s Son, Our Lord and Master, You have won Our hearts to serve You only! Lowly, Holy! Great and glorious, all victorious, Rich in blessing! Rule and might o’er all possessing!

Verse 2

Eʋegbe

'Ƒetɔ ne 'tsɔ lɔlɔ̃ kpɔ mi Enumake dziƒo ʋuna Wò ŋutifafa vana Wò Nya kple Gbɔgbɔ kpakple ʋu Nyi mi keŋ kple dziƒobolo Wò koe nye mia nu xɔasi Wò nublanui na nɔ mia me Oo! nɔ mia, ŋu! Wòe fia mɔ mi Mawu lɔlɔ̃. Wòe le mia ŋu.

English

Lord, when You look on us in love, At once there falls from God above A ray of purest pleasure. Your Word and Spirit, flesh and blood Refresh our souls with heav’nly food. You are our dearest treasure! Let Your mercy Warm and cheer us! O draw near us! For You teach us God’s own love through You has reached us.

Verse 3

Eʋegbe

Ŋusẽtɔ, Fofo, Kristo ta Elɔ̃ mi hafi mieva dzɔ. Tso gɔmedzedzea me ke Viwò xɔ mi to lɔlɔ̃ me Mianɔ eme l'afii kple dzi Wò ɖeɖekpɔkpɔe nye 'sia Alleluya! Kristo mia 'gbe mavɔ nala mavɔe nenye Xɔm megagblẽ mi ɖi o.

English

Almighty Father, in Your Son You loved us, when not yet begun Was this old earth’s foundation! Your Son has ransomed us in love To live in Him here and above: This is Your great salvation. Alleluia! Christ the living, to us giving Life forever, Keeps us Yours and fails us never!

Verse 4

Eʋegbe

Oo! na ha viviwo naɖi Mia dzɔdzi le hadzidzi me Kristo le mia ŋgɔ ɣesiaɣi Egbe, etsɔ kple ɣesiaɣi Midzi ha ɖaa! Yubilate! Dodo ɖe dzi! Miɖe gbeƒa Eyae nye bubufia gã la.

English

O let the harps break forth in sound! Our joy be all with music crowned, Our voices gaily blending! For Christ goes with us all the way— Today, tomorrow, every day! His love is never ending! Sing out! ring out! Jubilation! exultation! Tell the story! Great is He, the King of glory!

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 18 · O Morning Star, How Fair and Bright

0:00
4:49