Who Is He in Yonder Stall?
Words by Benjamin R. Hanby, 1833–1867·Tune: RESONET IN LAUDIBUS
Eʋegbe
English
Verse 1
Eʋegbe
Mekae mlɔ lã'o ƒe xɔme Si kplɔla'o dzeklo na la 'Yae nye Ma'u, o nukunu nya Mawu si nye fia kɔkɔe la.
English
Who is He in yonder stall, At whose feet the shepherds fall? ’Tis the Lord, O wondrous story, ’Tis the Lord, the King of glory!
Xɔɖedzi / Chorus
Eʋegbe
Miebɔbɔ ɖe eƒ'afɔ te, Miɖoe fia'o dzifia Miebɔbɔ ɖe eƒ' afɔ te, Fia'o dzi fia Ðoe fia ɖoe fia Yesu, Yesu ɖoe fiawo dzi fiae.
English
At His feet we humbly fall, Crown Him, crown Him Lord of all. At His feet we humbly fall— the Lord of all. Crown Him, crown Him, Jesus, Jesus, Crown Him Lord of all.
Verse 2
Eʋegbe
Mekae le fu deto kpem Tsia nu dɔna le gbedzi? 'Yae nye Ma'u, O nukununya Mawu si nye fia kɔkɔe la.
English
Who is He in deep distress, Fasting in the wilderness? ’Tis the Lord, O wondrous story, ’Tis the Lord, the King of glory!
Verse 3
Eʋegbe
Mekae ameha gã la Doa dzaa na kple dzidzɔ ha'o? 'Yae nye Ma'u, O nuku nya Mawu si nye fia kɔkɔe la
English
Who is He, the gathering throng Greet with loud triumphant song? ’Tis the Lord, O wondrous story, ’Tis the Lord, the King of glory!
Verse 4
Eʋegbe
Mekae le zãtitina Dogbeɖa, Getsemane? 'Yae nye Ma'u, O nukununya Mawu si nye fia kɔkɔe la.
English
Lo, at midnight, who is He Prays in dark Gethsemane? ’Tis the Lord, O wondrous story, ’Tis the Lord, the King of glory!
Verse 5
Eʋegbe
Mekae l'atitsoga nu Ku kple ŋukpe kple veve? 'Yae nye Ma'u, O nukununya Mawu si nye fia kɔkɔe la.
English
Who is He on yonder tree Dies in shame and agony? ’Tis the Lord, O wondrous story, ’Tis the Lord, the King of glory!
Verse 6
Eʋegbe
Amekae fɔ tso ku me Vaxɔ amewo ɖ'agbe? 'Yae nye Ma'u, O nukununya Mawu si nye fia kɔkɔe la.
English
Who is He that from the grave Comes to heal and help and save? ’Tis the Lord, O wondrous story, ’Tis the Lord, the King of glory!
Verse 7
Eʋegbe
Amekae tso fiazi dzi Ðufia ɖe xexeame dzi 'Yae nye Ma'u, O nukununya Mawu si nye fia kɔkɔe la.
English
Who is He that from His throne Rules through all the world alone? ’Tis the Lord, O wondrous story, ’Tis the Lord, the King of glory!
Spotted a mistake in this hymn? Report an issue