Adventist Ewe Hymnal
Hymn 148

LƆLƆ̃ SI GOGLO HE KEKE

O Love, How Deep, How Broad

Tune: INFINITE LOVE

Meter: L.M.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Lɔlɔ̃, goglo, keke, kɔkɔ Si ƒo susuwo katã ta Be Ma'u na do miaƒe ŋutila Ðe amewo keŋ ta.

English

O love, how deep, how broad, how high, Beyond all thought and fantasy, That God, the Son of God, should take Our mortal form for mortal’s sake!

Verse 2

Eʋegbe

Miawo tae wò xɔ nyɔnyɔ Wò tsi nu dɔ 'ye dɔwui ŋutɔ Mìawo tae wò kpɔ tetekpɔ Mìawo tae wò ɖu tela la dzi

English

For us baptized, for us He bore His holy fast and hungered sore; For us temptation sharp He knew; For us the tempter over threw.

Verse 3

Eʋegbe

Miawo tae wo de 'ya asi Mia'o tae woɖɔ ŋu kuku ne Etsɔ ŋukpe titsoga la Mia'o wo tsɔ 'ƒe gbɔgbɔ mamlea na.

English

For us by wickedness betrayed, For us, in crown of thorns arrayed, He bore the shameful cross and death; For us He gave His dying breath.

Verse 4

Eʋegbe

Mìawo tae wòfɔ tso ku me Mìawo tae wò lia yi dziƒo Mìawo tae wò dɔ 'ƒe gbɔgbɔ la ɖa Be wòa do ŋusẽ mi ɖaa.

English

For us He rose from death again, For us He went on high to reign; For us He sent His Spirit here To guide, to strengthen, and to cheer.

Verse 5

Eʋegbe

Kɔkɔe na mia Ƒetɔ Mawu Le lɔlɔ̃ deto si kɔ la ta Mawu etɔ̃a'o si mie subɔa Tso mavɔ me yi mavɔ me.

English

All glory to our Lord and God For love so deep, so high, so broad; The Trinity whom we adore Forever and forevermore.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 148 · O Love, How Deep, How Broad

0:00
4:04