Adventist Ewe Hymnal
Hymn 143

ZÃ NYUI LA, ZÃ KƆKƆE LA

Silent Night, Holy Night

Words by Joseph Mohr, 1792–1848·Tune: STILLE NACHT

Meter: Irregular
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Zã nyui la, zã kɔkɔe la Nu sianu zi ɖoɖoe. Ðetugbui kple via koe li Vi kɔkɔe si mlɔa nyi kpoo Dɔa 'lɔ̃ kple ŋuifafa Dɔa 'lɔ̃ kple ŋuifafa.

English

Silent night, holy night, All is calm, all is bright; Round yon virgin mother and Child! Holy Infant, so tender and mild, Sleep in heavenly peace, Sleep in heavenly peace.

Verse 2

Eʋegbe

Zã nyui la, zã kɔkɔe la Blukɔ bu, keli do 'Kplɔla'o se dɔla'o ƒe ha Aleluya kafu Fia. Wo dzi Kristo na mi Wo dzi Kristo na mi

English

Silent night, holy night, Darkness flies, all is light; Shepherds hear the angels sing, “Alleluia! hail the King! Christ the Savior is born, Christ the Savior is born.”

Verse 3

Eʋegbe

Zã nyui la, zã kɔkɔe la Ma'u Vi la nye lɔlɔ̃. Wò mo kɔkɔe la keklẽm Kpl' amenuve ɖeɖe la Ƒetɔ Yesu dzigbe Ƒetɔ Yesu dzigbe.

English

Silent night, holy night, Son of God, love’s pure light; Radiant beams from Thy holy face, With the dawn of redeeming grace, Jesus, Lord, at Thy birth, Jesus, Lord, at Thy birth.

Verse 4

Eʋegbe

Zã nyui la, zã kɔkɔe la Nuku ɣleti na keli Midzi ha kple dɔlawo Aleluya na mìa Fia Wo dzi xɔla na mi Wo dzi xɔla na mi.

English

Silent night, holy night, Wondrous star, lend thy light; With the angels let us sing, Alleluia to our King; Christ the Savior is born, Christ the Savior is born.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 143 · Silent Night, Holy Night

0:00
3:44