Adventist Ewe Hymnal
Hymn 013

MIDZI DZIDZƆHA YEYEWO SƆŊ

New Songs of Celebration Render

Words by Erik Routley, 1917–1983·Tune: RENDEZ A DIEU

Scripture: Psalm 98

Meter: 9.8.9.8.D.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Midzi dzidzɔha yeyewo sɔŋ Na 'me si wɔ nukunuwo Eƒe lɔlɔ̃ la ɖua fia tegbee Miva subɔ ŋɔsẽtɔ la Eɖe 'ƒe ɖeɖe gaa la fia mi Xɔlɔ̃wo gblɔ dzidzɔtɔe be: Eɖe fia dukɔwo kata be Eƒe dzɔdzɔenyenye li ɖaa!

English

New songs of celebration render To Him who has great wonders done. Love sits enthroned in ageless splendor: Come, and adore the mighty One. He has made known His great salvation Which all His friends with joy confess: He has revealed to every nation His everlasting righteousness.

Verse 2

Eʋegbe

Mitsɔ dzidzɔ kple dzi blibo gblɔe Mitsɔ hadzikpẽwo kple gbe Ðe eƒ'amenuvevewo fia. Yɔ xexeame be woadzɔ dzi Kpẽ kple saŋkuwo nedze ɖiɖi Gbeɖiɖi siwo ade dzi Nu siwo l'anyigba kple ƒu me Mitsɔ ha kafu Fiaga la.

English

Joyfully, heartily resounding, Let every instrument and voice Peal out the praise of grace abounding, Calling the whole world to rejoice. Trumpets and organs, set in motion Such sounds as make the heavens ring; All things that live in earth and ocean, Make music for your mighty King.

Verse 3

Eʋegbe

Tɔsisiwo kple ƒu dzeagbowo Mibu 'Ƒetɔ kple gbe sesẽ To kple kpewo mifɔ̃ dzi kafui Midziha kafu eƒe ŋkɔ Dzɔdzɔetɔ, gbeɖela, kɔkɔe tɔ. Ha matsowo neɖi nɛ ɖaa! Efe nyateƒe ɖua dzi tegbee Henaa ŋuifafa xexeame.

English

Rivers and seas and torrents roaring, Honor the Lord with wild acclaim; Mountains and stones look up adoring, And find a voice to praise His name. Righteous, commanding, ever glorious, Praises be His that never cease: Just is our God, whose truth victorious Establishes the world in peace.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 13 · New Songs of Celebration Render

0:00
3:51