ABE FOFO'O LE BLEMA
As With Gladness Men of Old
Words by William C. Dix, 1837–1898·Tune: DIX
Scripture: Matthew 2:1-11
Eʋegbe
English
Verse 1
Eʋegbe
Abe fofo'o le blema Wo kpɔ dzinuvi la ɖaa Wo tsɔ dzidzɔ kpe keli Si le keklẽm le wo ŋgɔ Nenema 'ƒetɔ mia'o hã Mianɔ yowòme yi mavɔ.
English
As with gladness men of old Did the guiding star behold, As with joy they hailed its light, Leading onward, beaming bright, So, most gracious Lord, may we Evermore be led to Thee.
Verse 2
Eʋegbe
Wotsɔ dzidzɔ le dudzi Yia 'fisi vidzĩ la mlɔ Fima wodzeklo le 'gbɔ 'Mesi dzi kpl' anyi subɔ Na miatsɔ didi make Ava wò fiazi la gbɔ
English
As with joyful steps they sped To that lowly manger bed, There to bend the knee before Him whom heav’n and earth adore, So may we with willing feet Ever seek Thy mercy seat.
Verse 3
Eʋegbe
'Siwo tsɔ nunanawo Va lãwo fe nuɖuƒe Nenema miatsɔ dzidzɔ Kɔkɔe si ŋu vɔ̃ me le o Atsɔ nunana xɔa si'o Avɛ na wò dziƒo Fia
English
As they offered gifts most rare At that manger rude and bare, So may we with holy joy, Pure, and free from sin’s alloy, All our costliest treasures bring, Christ, to Thee our heav’nly King.
Verse 4
Eʋegbe
Kɔkɔe Yesu gbesiagbe Kplɔmi to mɔ sue la dzi N'anyigba nu'o vayi hã Tsɔ luʋɔ si'o neƒle la vɛ Fisi ɣleti'o ma hĩa le o Wò ŋ'ti kɔkɔe maɣla o.
English
Holy Jesus, every day Keep us in the narrow way; And, when earthly things are past, Bring our ransomed souls at last Where they need no star to guide, Where no clouds Thy glory hide.
Spotted a mistake in this hymn? Report an issue