Adventist Ewe Hymnal
Hymn 101

DZIFOƲUITƆ LA ƑE VIWO

Children of the Heavenly Father

Words by Carolina Sandell Berg, 1832–1903·Tune: TRYGGARE KAN INGEN VARA

Meter: L.M.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Fofo dziƒoʋuitɔ la ƒe vi'o Katã kpe le eŋkume Dziƒoxe kple ɣleti viwo Akpoxɔnu vava wònye.

English

Children of the heavenly Father Safely in His bosom gather; Nestling bird nor star in heaven Such a refuge e’er was given.

Verse 2

Eʋegbe

Mawu ŋutɔe yrana viawo Wotsina le 'ƒe lɔlɔ̃ me Eɖea wo le vɔ̃wo keŋ me Asi sesẽ wò tsɔ ɖea wo.

English

God His own doth tend and nourish, In His holy love they flourish; From all evil things He spares them, In His mighty arms He bears them.

Verse 3

Eʋegbe

Agbe kple 'ku mateŋua klẽ Mawu kple viawo dome o Ena 'menuveve viawo Enya woƒe nu xaxawo.

English

Neither life nor death shall ever From the Lord His children sever; Unto them His grace He showeth, And their sorrows all He knoweth.

Verse 4

Eʋegbe

Dzia 'kpe da hawo na 'ƒetɔ. Tawò kpɔ la me dɔa lɔ̃ o Le wò nya xɔɖakɔla ta Futɔwo keŋ woa de ta 'gu.

English

Praise the Lord in joyful numbers, Your Protector never slumbers; At the will of your Defender Every foe-man must surrender.

Verse 5

Eʋegbe

Ne Ena 'ye Wòga xɔe hã Mawu magble viawo ɖi o Etɔe nye be wòalɔ̃ via'o Be wòa ɣlawo woanɔ̃ kɔkɔe.

English

Though He giveth or He taketh, God His children ne’er forsaketh; His the loving purpose solely To preserve them pure and holy.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 101 · Children of the Heavenly Father

0:00
2:40
DZIFOƲUITƆ LA ƑE VIWO · Hymn 101 · Adventist Ewe Hymnal