Adventist Ewe Hymnal
Hymn 100

WÒ NUTEƑEWƆWƆ SƆGBƆ

Great Is Thy Faithfulness

Words by Thomas O. Chisholm, 1866–1960·Tune: FAITHFULNESS

Scripture: Lamentations 3:22-23

Meter: 11.10.11.10.Ref.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Fofo wò nuteƒewɔwɔ sɔgbɔ Wòe nyeamesi metrɔna gbede o. Metrɔ nao'ye wò dɔmenyo ma da ƒuo 'Lesi nele nenema ko nanɔ.

English

Great is Thy faithfulness, O God my Father, There is no shadow of turning with Thee; Thou changest not, Thy compassions, they fail not; As Thou hast been Thou forever will be.

Xɔɖedzi / Chorus

Eʋegbe

Wò nyateƒe sɔgbɔ Wò nyateƒe sɔgbɔ Ŋdi sia ŋdi mexɔa wò blanui kpɔkpɔ Wòa si tsɔa nusianu si mehia la nam Wò nuteƒewɔwɔ sɔgbɔa 'Ƒetɔ.

English

Great is Thy faithfulness! Great is Thy faithfulness! Morning by morning new mercies I see; All I have needed Thy hand hath provided, Great is Thy faithfulness! Lord unto me!

Verse 2

Eʋegbe

Dzome, vuvɔ, nuƒaxi kple nuŋexi Ɣe, ɣleti kple ɣletivi'o le yame Kple nuwɔwɔwo kata di ɖase be Wò nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ ŋuti.

English

Summer and winter, and springtime and harvest, Sun, moon, and stars in their courses above, Join with all nature in manifold witness To Thy great faithfulness, mercy, and love.

Verse 3

Eʋegbe

Nuvɔ̃ tsɔtsɔke, ŋutifafa mavɔ Wòe fia mɔwo he doa ŋusẽwo daa Egbe ƒe ŋusẽ kple tsɔ ƒe mɔkpɔkpɔ Yayra si netsɔ nam, sɔgbɔ ŋutɔ.

English

Pardon for sin and a peace that endureth, Thy own dear presence to cheer and to guide; Strength for today and bright hope for tomorrow, Blessings all mine, with ten thousand beside.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 100 · Great Is Thy Faithfulness

0:00
4:00