Adventist Ewe Hymnal
Hymn 001

KAFU YEHOWA ŊUSẼTƆ

Praise to the Lord

Words by Joachim Neander, 1650–1680·Tune: LOBE DEN HERREN

Scripture: Psalm 103:2-5

Meter: 14.14.4.7.8.
Project this hymn

Verse 1

Eʋegbe

Kafu Yehowa ŋusẽtɔ, Kple nuwɔwɔ'o ƒe fia, Luʋɔ̃nye dzi ha kafui, 'Yae nye wòagbe kple xɔla Miva kpe ta Đe eƒe gbedoxɔa gbɔ, Be miakafui le dzidzɔ me.

English

Praise to the Lord, the Almighty, the King of creation! O my soul, praise Him, for He is thy health and salvation! All ye who hear, Now to His temple draw near; Join ye in glad adoration!

Verse 2

Eʋegbe

Kafu Yehowa 'mesi Ðu nu'o keŋ dzi nukutɔe. Ɣla wò ɖe eƒ' aʋala te He kpɔa tawò nyuie ɖaa. Ðee mekpɔe oa? Le' si wòwɔa wòdidi'o Na wò le 'ƒe ɖoɖowo me.

English

Praise to the Lord, who o’er all things so wondrously reigneth, Shieldeth thee under His wings, yea, so gently sustaineth! Hast thou not seen How thy desires e’er have been Granted in what He ordaineth?

Verse 3

Eʋegbe

Kafu Yehowa si na dzidzedze 'Ye kpɔa ta wò. Ẽ'ƒe nyonyo kple blanuikpɔkpɔ Li na'ò gbesiagbe Bu eŋu nyuie Nusi ŋusẽ'otɔ la wɔ 'Ne 'tsɔ 'ƒe lɔlɔ̃ dze xɔ̃ wòe.

English

Praise to the Lord, who doth prosper thy work and defend thee; Surely His goodness and mercy here daily attend thee. Ponder anew What the Almighty can do If with His love He befriend thee.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue

Hymn 1 · Praise to the Lord

0:00
2:33