Eʋegbe
English
Verse 1
Eʋegbe
Aƒetɔ ahom le tutum Ƒutsotsoewo le ŋeŋem Blukɔ tsiɖitsiɖi'o xɔ ya me, Beɖoƒea ɖeke me li o Ðee miaƒe tsɔtsrɔ me ka Wòa? Hafi nelea 'lɔ dɔm, Esi ɣeyiɣi'o katã ŋɔdzi dom, Abe yɔdo goglo 'ne?
Xɔɖedzi / Chorus
Eʋegbe
Ƒutsotsoewo kple yawoa se 'ƒe gbe, zii ɖoɖoe! Eɖanye ahom ƒe dziku gã, Alo gbɔgbɔvɔ̃wo ƒe ŋusẽ aɖe, Tsia 'ɖeke mateŋua 'mi ʋua la o, 'Labe dzi kpl 'anyi 'Ƒetɔ li kplimi; Wokatã woaɖo to Eƒe gbe Zii ɖoɖoe, zii ɖoɖoe Wokatã woaɖo to Eƒe gbe Ðoɖoe ne zii.
Verse 2
Eʋegbe
'Ƒetɔ nye gbɔgbɔ se veve, Me ɖe ta 'gu kple veve, Nyedzi ƒe veve sese goglo, O, nyɔ 'ye naɖem kaba Nuvɔ̃ ƒe veve sesewo, te nye luʋɔ ɖe to, Mele tsɔtsrɔm, le tsɔtsrɔm Aƒetɔ, O, kaba na xɔnam dzro!
Verse 3
Eʋegbe
Aƒetɔ vɔvɔ̃ la nu va yi, Eme nu'o keŋ zi ɖoɖoe, Xe klẽ ɖe tsia dzi ŋutifafa tɔe 'Ye dziƒo tsɔ ɖe mia ŋu. Mega he ɖe megbe o Ðela, Mega gblem ɖi azɔ o Kple dzidzɔ maɖo ʋudzeƒe nyui ma Magbɔɖe 'me lea 'fima
Spotted a mistake in this hymn? Report an issue