Adventist Ewe Hymnal
Hymn 007

YESU YƆWOM LƆLƆ̃TƆE

Jesus Is Tenderly Calling

Project this hymn

Verse 1

Yesu yɔwom lɔlɔ̃tɔe be va 'ƒe Yɔwom egbe, yɔwom egbe; Nukatae adzo le lɔlɔ̃ sia gbɔ, Anɔ̃ tsaglãla tsam ko.

Xɔɖedzi / Chorus

Yɔwom egbe, yɔwom egbe Yesu le yɔwom, le yɔwom lɔlɔ̃ tɔe egbe.

Verse 2

Yesu yɔa 'me gbɔdzɔ'o be woa dzudzɔ Yɔwom egbe, yɔwom egbe; Tsɔ wò agbawo ve nɛ woayra wò; Maxe mɔ nawò vava o.

Verse 3

Yesu le lalam; O va 'gbɔ fifia Lalam egbe, lalam egbe; Va kple wò nuvɔ̃; de ta agu nɛ; Va megatsi megbe O.

Verse 4

Yesu kokoƒom; O ɖoto 'ƒe gbe Ðo toe egbe, ɖo toe egbe; 'Mesiwo xɔese la woakpɔ dzidzɔ; Wɔ kaba tso 'ye na dzo.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue