Adventist Ewe Hymnal
Hymn 004

TSO AƑETƆ

Awake O Lord

Project this hymn

Verse 1

Tso Aƒetɔ abe blema ene! Diva, o Gbɔgbɔ kple Wò ŋuse gã; Wò manɔmee la mia dziwo fana, Miaƒe susuwo nɔa kekeli dim

Verse 2

Ðikekewo li; tsi wokata nu! Vɔvɔ̃ le mia me, nya vɔvɔ̃ 'keŋ ɖa! Dzre le mia dome; na ŋuifafa mi! Ŋgɔgbe yiyi, trɔtrɔ, yayrae mie bia.

Verse 3

Menye nunya ɖeɖe koe miehia o, Ke nunya siŋu kɔ yae xɔa 'si wu Enye didi kple ŋusẽ na lɔlɔ̃; Enye dzidzɔ be Mawu li kpli mi

Verse 4

Wɔ mi miazu alesi ne lɔ̃ Na mia subɔ Wò tso miaƒe dzi me; Aƒetɔ ɖe mi tsoa 'gbe vlowo me Na mia mɔ̃wo nasɔ kple mia nyawo.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue