Adventist Ewe Hymnal
Hymn 037

AMESI XƆ YESU DZI SE

-

Project this hymn

Verse 1

Amesi xɔ Yesu dzi se; Naneke ma gloeakpɔ o; 'Ya ta maɖe adzɔgbe be, Nya la ƒe kluvi ko mazu. Dzi le ƒonye be mate 'u Awɔ nu sia nu si nèlɔ

Verse 2

Viɖe gãtɔ kple xɔasitɔ, Si mekpɔ tso 'gbɔe nye be, Nye hã mezu ablɔɖevi, Le Yesu ƒe ʋu la ta. Menyae kɔte be nu sia nu, Si wòwɔ, nye hã mate 'ui.

Verse 3

Ne amewo do vlom ʋuu hã, Eƒe nya la anye kpo nam; Matsɔ agba, 'ye maƒu du, Ke ɖeɖi mate 'unye o. Madzɔkpɔwo neva dzɔ faa, Naneke maglom akpɔ o.

Verse 4

Naneke megloa Mawu gã Alo Kristo, Mawu Vi, si Nye nye akpoxɔnu la o; Eƒe Gbɔgbɔ la naa 'usẽm, Be nye hã manye dziɖula Le ny'a-gbedɔ la wɔwɔ me.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue