Eʋegbe
English
Verse 1
Eʋegbe
Aƒetɔ wòe gblɔe ɖi bena: Yea dɔ tsi dzadza nyuie ɖa, Tsi, si agbɔ gbe anyi gba, Nà hlẽ tsi sia ɖe dzi nye! Ðe dzi nye, ɖe dzi nye, Nà hlẽ tsi sia ɖe dzi nye!
Verse 2
Eʋegbe
Aƒetɔ, ɖe nàto 'unyea Nye nublanuitɔ gãtɔ? O se nye nublanuigbe dzro, Trɔ ɖe 'utinye nakpɔm, Trɔ nàkpɔm, trɔ nakpɔm, Trɔ ɖe 'utinye nakpɔm!
Verse 3
Eʋegbe
Yesu lɔlɔ̃, kpɔ nublanui Na nye luʋɔ dahe la; Esia nye wò lɔlɔ̃nu ha, Klɔ 'utinye ke' maɖi! Klɔm maɖi, Klɔm maɖi, Klɔm 'utinye ke' maɖi!
Verse 4
Eʋegbe
O Gbɔbgɔ Kɔkɔe, si dza la, Nàde 'usẽ nye dzi me; Wò ko, afia dziƒomɔ mí, Kɔ wò 'usẽ ɖe menye, Ðe menye, ɖe menye, Kɔ wò 'usẽ ɖe menye,
Verse 5
Eʋegbe
Aƒetɔ, wò si yayra le, Hem ɖe 'utiwò kpokploe; Aƒetɔ, wòe yraa tɔwòwo, Yra nye hã, tɔwò menye! Yra nye hã, yra nye hã, Tɔwò menye Yra nye hã!
Spotted a mistake in this hymn? Report an issue