Adventist Ewe Hymnal
Hymn 034

AMEKAE LEA 'ƑETƆA DZI

Who Is On The Lord's Side

Project this hymn

Verse 1

'Mekae l'a 'Ƒetɔa dzi? Asubɔ Fia la? 'Mekae akpeɖe 'ŋu, Aɖe luʋɔwo? Agble xexeame ɖi? Adze ŋgɔ futɔa? 'Mekae l'a 'Ƒetɔa dzi? Awɔ aʋa nɛ? Wò lɔlɔ̃ 'meyɔyɔ, Wòa 'menuvevee, Miele Aƒetɔa dzi; Mienye tɔwo ɖaa!

Verse 2

Menye kɔkɔ ta o, 'Lo fiakuku o, 'Ʋako'o ne keɖe 'me Adzi aʋa ha; Lɔlɔ̃ si xɔa 'mewo Si'o ta Wò ku ɖo, 'Mesi Yesu yɔ la Nenɔ Eya dzi, Lɔlɔ̃ si zia mia dzi, Wòa 'menuvevee, Miele Aƒetɔa dzi; Mienye tɔwo ɖaa!

Verse 3

Yesu meƒle mi kple, Sika kpl'a dzagba'o, Ke kple Wò ʋu xɔasi Na Wò fiakuku. Etsɔa Wò yayra naa 'Mesi va gbɔwo, Wòe trɔa mia dzidziwo, Wòe na mia 'blɔɖe, Le Wò ɖeɖe gã ta, Woa 'menuvevee, Miele Aƒetɔa dzi, Mienye tɔwo ɖaa!

Verse 4

Ava la adziŋɔ̃, Futɔ'o asesě, Ke Fia ƒ'a ʋakɔ la Aɖudzi tegbee, 'Ƒe flaga le ŋgɔyim, Dziɖuɖu ɖo vɔ! 'Ƒe nyateƒe nyuia Yae he dziɖuɖu vɛ, Mie ŋkɔ ŋlɔm dzidzɔtɔe, Woa 'menuvevee, Miele Aƒetɔa dzi, Mienye tɔwo ɖaa!

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue