Eʋegbe
English
Verse 1
Eʋegbe
Dzidzɔ ɣeyiɣi vivi! N'a 'mekɔkɔewo ƒoƒu, Hena Ðela ƒe bubu, Ne woa dziha tso eŋu.
Verse 2
Eʋegbe
Miadzi lɔlɔ̃ mavɔ ha, 'Lesi Fofo la lɔ̃na; Ekpɔ xexea ƒe gbegble 'Lɔ xexea hetsɔ Via na
Verse 3
Eʋegbe
Dzi Via ƒe lɔlɔ̃ ŋu ha; 'Lesi Woɖi tso dziƒo, Hetsɔ miaƒe nɔnɔme, Enɔa 'gbe, ku, heɖe mi.
Verse 4
Eʋegbe
Dzi Gbɔgbɔa ƒe lɔlɔ̃ ha; 'Ʋli kple mia dzi dzeaglawo; 'Yɔ mia susu'o kple vɔvɔ̃, 'Te Ðela xɔasi la vɛ.
Verse 5
Eʋegbe
Dzidzɔ ɣeyiɣi vivi, Ne etɔwoa 'yi dziƒo; Yesu ko ŋu woabu ɖaa Woa dzi ha tso eŋu ɖaa.
Spotted a mistake in this hymn? Report an issue