Eʋegbe
English
Verse 1
Eʋegbe
Vivi le Wò nɔfe la, Lɔlõ 'nyigba keklẽ la Vivi le Wò nɔfe la; Võ kple veve nyigba sia; O nye gbɔgbɔ di'a vevie Be yeanõ ha kɔkɔea me, Be yeakpɔ Wò mo kɔkɔea, Be yeakpɔ Wò Mawu gã.
English
No English version
Verse 2
Eʋegbe
Xevi si'o dzodzom, ha dzim Xlafom Wò vɔsã mlɔekpuia, Luvo si'o kpɔa dzudzɔfe Dzifo Fofoa f'a kɔnu; Abea 'hɔnue si me kpɔa Gbɔɖeme l'a fi sia o, Woaga yi 'ɖakavua me, Adzɔdzi l'a 'fima ɖea.
English
No English version
Verse 3
Eʋegbe
Luvo dzidzɔ ha dzim Le veve bali sia me, Tsi do le gbegbe nyigbã Wo ɖu dzifo mana la, Woanõ ŋgɔyim kple ŋuse Sẽ woaɖo Wò Fiazia gbɔ, Adzeklo asubɔ Wò Wòa 'mesi kplɔ wo dedie.
English
No English version
Verse 4
Eʋegbe
'Fetɔ nanye Fetu nam Kplɔm to võ xexe sia me; Xɔm kple Wòa 'menuveve Nam nõfe le gbɔwo ɖaa; Akpoxɔnu nenye nam Dzɔ nye dzi tratra la ŋu; 'Menuveve tso gbɔwo Kɔe ɖe dzinye Afetɔ.
English
No English version
Spotted a mistake in this hymn? Report an issue