Adventist Ewe Hymnal
Hymn 025

EDZƆDZI NAM BE MIA FOFO LE DZI

I am So Glad That Our Father In Heaven

Project this hymn

Verse 1

Edzidzɔm bena mia Fofo le dzi Gblɔ 'ƒe lɔlɔ̃ nya le ƒ'a gbalẽa me, Mekpɔ nukunuwo le biblia me; Esi xɔasi wue 'nye be Yesu lɔm.

Xɔɖedzi / Chorus

Edzɔdzi nam be nye Yesu lɔ̃m, Be Yesu lɔ̃m, be Yesu lɔ̃m, Edzɔdzi nam be nye Yesu lɔ̃m, Be Yesu lɔ̃ nye hã.

Verse 2

Ne meŋlɔe be hetra mɔ tso egbɔ, 'Ƒe lɔlɔ̃a li kplim fisiafi mayi Maɖabla kaba 'yi eƒa kɔnu Ne meɖo ŋku dzi be bena Yesu lɔ̃m

Verse 3

O me ha ɖeka 'ɖe li si madzi Le 'ƒe kɔkɔe me mekpɔ Fiagã la Anye nye hadzidzi yi mavɔ me Nuku nyae wonye be nye Yesu lɔ̃m

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue