Adventist Ewe Hymnal
Hymn 021

AƑETƆE NYE FIA

The Lord Is King

Project this hymn

Verse 1

'Ƒetɔe nye fia kɔ wògbe dzi, Dziƒo kpl'a nyi nekpɔ dzidzɔ Xexeawo katã na dzɔdzi, Ma'u ŋusẽ katatɔe 'nye fia.

Verse 2

'Ƒetɔa 'nye fia anyigba vi, Ʋɔnudrɔla nyateƒe tɔe: Kɔkɔe kple dzɔdzɔe 'nye 'ƒe mɔ; Nuwɔwɔ'o kata ne kafui.

Verse 3

Eɖua fia midziha sesie; Miaƒe Ma'u kple Fofoa nye fia; Eye wole Fofo la gbɔ Lɔlɔ̃ ƒ'a-me, 'mesi wowu.

Verse 4

Va nena gblɔ wò dzidzi nya Axɔ woayi fiazi la gbɔ: 'Ye dɔlawo le afima, Be woaxɔ lɔlɔ̃ gbedeasi.

Verse 5

Ne eƒe ŋunya abu la, 'Ƒe ŋuse kple lɔlɔ̃ agble; Ke 'tɔwo mega dziha o, Ma'u ŋuse katãtɔe 'nye fia.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue