Adventist Ewe Hymnal
Hymn 002

NYƆ LUƲƆ NYE EYE NA DZODZI

Awake My Soul In Joyful Lays

Project this hymn

Verse 1

Luʋɔ nye nyɔ 'ye na dzɔdzi, Dzi wò Ðela ƒe kafu ha; Eyae dze be madzi ha na: 'Ƒe lɔlɔ̃' dɔmenyo li faa!

Verse 2

Nye luʋɔ gblẽ tsi nuvɔ̃ me; Elɔ̃m le nusiawo keŋ me Eɖem tso nye gbegblẽ la me; 'Ƒe lɔlɔ̃-dɔmenyo lolo!

Verse 3

Ne futɔ sesẽwo sɔgbɔ, Ne xexea kpl'a ʋli xe mɔ nam Ekplɔa nye luʋɔ la dedie: 'Ƒe lɔlɔ̃—dɔmenyo sesẽ!

Verse 4

Ne fukpekpe do blukɔ ha, He bla likɔ ɖe gbe sesie; Eya nɔa nye luʋɔ gbɔ ɖaa; 'Ƒe lɔlɔ̃ dɔmenyo la nyo!

Verse 5

Ne xexea ƒe Fia ŋtɔ ava, Akplɔ etɔwo yi aƒee; Madzi ha le dzidzɔ ƒua nu: 'Ƒe lɔlɔ̃ dɔmenyo li ɖaa!

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue