Eʋegbe
English
Verse 1
Eʋegbe
Kristo si ɖe nye luʋɔ 'Geɖe Yɔdan tɔ la me, Fɔ tso toɖɔɖɔ la me, Enye Mawu Vi vavã Kple Fafao ƒe gbeɖiɖi, Ma'u kple kpɔɖeŋu Wòye, Woa nyrɔ̃m abe eya 'ne.
English
No English version
Verse 2
Eʋegbe
Le ameɖibɔ la me, Veve tsyɔ 'ƒe luʋɔ dzi; Le Kalvari ƒ'a tia ŋu Yesu bɔbɔ ta he ku. Woklan kpakple eyama; 'Ƒe ku nye mɔkpɔkpɔ nam Manɔ eƒe afɔ te, Atsɔ 'ƒ'a titsoga la.
English
No English version
Verse 3
Eʋegbe
Emlɔ̃ yɔdo yeyea me, Ðe eƒe ŋɔdziwo ɖa; Egba yɔdoa ƒ'a gbowo, Ele kɔkɔe yi mavɔ. Woa ɖi nye kpakple Yesu Le kɔnuwɔwɔ sia me Mado le nuku tsia me, Anɔ̃a 'gbe yeye na Ma'u.
English
No English version
Spotted a mistake in this hymn? Report an issue