Adventist Ewe Hymnal
Hymn 013

E, MAWU NYO

Yes God Is Good

Project this hymn

Verse 1

E, Mawu nyo, le dzi kpl'a nyi, Le ƒu goglo kpl'a 'vewome, Gbe akpewo le ɣlidom be, "Mawue wɔ mi, 'ye Mawu nyo."

Verse 3

Xevi'o yi ha dzi kple dzidzɔ Ha si doa kple gbewo miamia, 'Ya nyuiwo sia, kple tsi dzadza, Wo gblɔna dzaa be "Mawu nyo."

Verse 4

Miesenɛ le 'yaƒoƒo me, Towo si li tso blema ke, Alilikpo kple ƒu dzeagbo'o 'Wo keŋ dzia ha be "Mawu nyo"

Verse 5

Wò nunana'o ta mieyra Wò, Ðe dziƒo nuɖuɖu la ta, 'Menuveve, kple Wò nya la; Ta miadziha be Mawu nyo.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue