Adventist Ewe Hymnal
Hymn 012

AMENUVE GBƆGBƆ NƆ̃ KPLIM

Gracious Spirit Dwell With Me

Project this hymn

Verse 1

'Menuve Gbɔgbɔ! Nɔ̃ kplim; Be manye 'menuvela: Kple nya si'o yɔadɔ ame, Nyea 'gbe aɖe Wò afia; Kple agbenɔnɔ fatu Magblɔ nye Kristo ƒe nya.

Verse 2

Nyateƒe Gbɔgbɔ! nɔ̃ kplim; Be manye nyateƒetɔ: Kple ŋunyã sime kɔ la, Woa gbe, na dzé le menye; Atsɔ nɔ̃viwɔwɔ gã, Agblɔ Ðela ƒe nyonyo.

Verse 3

Lɔlɔ̃ gbɔgbɔ! nɔ̃ anyi kplim; Be manye ame lɔ̃la: Tu nye dzia 'be seƒoƒo, Le tetekpɔɣiwo me, Naʋui ne ɣe keklem la, Ye 'ƒe lɔlɔ̃ ʋeʋem nyui la.

Verse 4

Ŋusẽ Gbɔgbɔ! vanɔ̃ kplim; Be nye'a manye ŋusẽ tɔ: Ŋusẽ si na'a dziɖuɖu Esi, ame'o lea nyi dzem; Si tsɔa mɔkpɔkpɔ mavɔ, Yi'a ŋgɔgbe kpakple kale.

Verse 5

Gbɔgbɔ kɔkɔe! vanɔ̃ kplim; Be manye ame kɔkɔe: Maɖe aga tso vɔ̃ gbɔ Atiá alɔ̃ nyuiwɔwɔ; Nusianu mavazu la, Madze 'mesi na Wò ŋu.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue