Adventist Ewe Hymnal
Hymn 011

MATSƆ NYE DZI, KPLE GBE

My Heart And Voice I Raise

Project this hymn

Verse 1

Matsɔ nye dzi, kple gbe, Agblɔ Ma'u ƒe nyonyo: Dukɔ'o ne kafu Mesia la; Nuwɔwɔ'o ƒ'a 'Ƒetɔ, To eƒe nya la me Nuwɔwɔwo do blibo tɔe.

Verse 2

Ezu dɔla nami, Le Kalvari toa dzi: Etsɔ miaƒe nuvɔ̃ ƒ'a gba; Ezu ame ɖifɔ, 'Ye wokɔ 'ƒe ʋu ɖi, Be etɔ'o nakpɔ ablɔɖe.

Verse 3

Ke dziɖula la fɔ 'Si Woɖu futɔ'o dzi, 'Ye Wo bla futɔ 'ʋakɔwo: Gbã woƒe fiaɖu ƒea, Eƒe futɔ'o lɔ ɖe Mesia gã ƒe fiaɖuɖu dzi.

Verse 4

'Ƒe fiaɖuƒe 'va kpuie; 'Ƒe lɔlɔ̃nu ava 'Lesi wole dziƒo ene; 'Mesi sinɛ tsona, Akpɔ xɔxɔ le 'gbɔ, Eƒe ɖeɖe la ava nɛ.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue