Adventist Ewe Hymnal
Hymn 001

NUSIANU LE KAFUWOM

All Things Praise Thee

Project this hymn

Verse 1

Nusianu le kafuwom; Dzi kpl'a nyigba kple ƒu sia. Woli na Wò ŋuikɔkɔe Be woanya Wò gãnyenye Woa subɔ Wò Fia tegbee; Nusianu le kafuwom.

Verse 2

Nusianu le kafuwom; Zã, ŋudɔ kple hadzidzi. Nusianu le kafuwom, Hele Wò ŋuse ɖem fia; Ɣeyiɣiwo kafua Wò, Nusianu le kafuwom.

Verse 3

Nuwowɔ'o keŋ kafu Wò; Tsi dzadza ahu kpl'e ya. Xetoɖoɣi', lilikpo, Tɔsisiwo kpl'a homya; Vuvɔɣi dzomeŋɔ̃li, Miatsɔ ŋuikɔkɔe nawo.

Verse 4

Nusianu le kafuwom; Nu'o wɔla gã kple nyã la. Gbɔgbɔ si lea 'fisiafi Miebɔbɔ ɖe woa 'fɔ nu; Miaƒe dziwo kafu Wò, Nusianu le kafuwom.

Spotted a mistake in this hymn? Report an issue